Galatians 4

1Mele eglɔm be , zi alesi dome nyila ganye ɖevila , meto vo tso kluvi gbɔ o. Togbɔ be nuwo kata nye etɔ ha 2ke boŋ ele ame dzikpɔlawo kple aƒe dzikpɔlawo ƒe kplɔkplɔte vaseɖe ɣeyiɣi si fofoa ɖoɖi nɛ

3Nenema ke esi , mienye viwo tsa la, mienɔ ya me ŋusɛ woƒe atse kpakpate. 4Gake esi eɣiɣi nyui tɔ va ɖo la , Mawu dɔ via , si wodzi to nyɔnu me le sea te la, 5bena woaɖe amesiwo le sea te la,exɔwo, eye wotrɔ wo,eye wokɔ vinyenye nawo.

6Elabena , esi mienye viwola , Mawu dɔ via ƒe gbɔgbɔ ɖoɖa miaƒe dziwome , esi doa ɣli be “Tɔnye lɔlɔtɔ.” 7Le ema ta wo meganye kluvi o , ke boŋ vi, eye ne enye vi la , ke enye domenyila ha to Mawu dzi.

8Gake tsa la, esi menya Mawu o la ,mienye kluviwo na nusiwo le dzɔdzɔ me nu la ,womenye Mawu o. 9Fifia , esi mienya Mawu alo boŋ, esi Mawu nya mi fifia la , nu kata ye mie gatrɔ yina ɖe nusiwo nu , nusɛ mele o la gbɔ? Ɖe miedzi be yewoa ga trɔ zu kluvi kea?

10Milea ŋku ɖe ŋkeke wo, dzinu wo, alo dzinu yeye wo, azagbewo,kple ƒe wo ŋu nyui. 11Mele vɔvɔ ɖe mianu sɔgbɔ, mele vɔvɔ be ɖewo mahi, medze agbagba ɖe miata dzodzo.

12Meɖe kuku na mi , nɔvinyewo be miatrɔ zu abe nye ene, elabena nye ha mele abe miawo ene. Miewɔ vɔ ɖeke ɖe nutinye o, 13gake miawo nutɔwo mienya be ŋutila ƒe gbɔdzɔ gbɔdzɔwo ta ye megblɔ nyanyuia na mi zi gbatɔ ɖo. 14Nusi nye tetekpɔ le nye ŋutila me na mi la , miedo vloe, alo ɖigbɔe o.Ke boŋ miexɔm , abe Mawu dɔla alo Yesu Kristo ene.

15Azɔ afika miaƒe dzidzɔ kpɔkpɔ le fifia ? elabe mateŋ aɖi ɖase be , ne ɖe woanya wo le ɣeɣiɣi ma me la , anye ne miaɖe mia nutɔwo ƒe ŋkunuwo gɔ ha le eme atsɔ nam. 16Ke fifia la, me va zu miaƒe futɔ, elabe megblɔ nyateƒe la na mia?

17Wole mia dzim kple dzodzo nyanya , ke menye nane ke ta ye o. Ɖeko wodzi be yewo ama miɖa tso gbɔnye, alebe miatrɔ ɖe yewo ŋuti adze yewo yome. 18Enyɔ be miɖo dzidzi nyui na gɔmesese ɣesiaɣi , eye menye ne mele miaƒe ŋkume o.

19Vinyewo , mele fum kpeŋ hele veve seŋ ɖe miata , vaseɖe esime Kristo ƒe lɔlɔnu nɔnɔ ƒe tata nade blibo le mia me. 20Adzɔdzi be nam madze ta le miado me be matrɔ nye gbeɖiɖi , elabena awɔ moya nam kuɖo mianu

21Migblɔe nam , ɖe miedzi be yewɔa se ts , ɖe miese nusi se la gblɔ? 22Elabena woŋlɔe ɖi be vi eve le Abraham si, ɖeka nye kluvi nyɔnu la tɔ, eye ɖeka nye vovo nyɔnu la tɔ, 23togbo be, esi kluvi nyɔnu la dzi la, wodzi to nugbedodo me.

24Woateŋ ɖe esia gɔme ha le nɔnɔme bubu me be nyɔnu eve siawo le abe nublabla eve ene , ameɖeka tso Sinai to dzi , amesi dzi le xaxa me la enye Hagar. 25Elabena Hagar enye Sinai to la le Arabia , si nye dzesi na egbe ƒe Yerusalem du. Enye nyɔnu la kple viawo le xaxa me.

26Ke Yerusalem du si tso dziƒo la, vovodue eya nye mia nɔ. 27Elabe woŋlɔe ɖi be

“dzi ne dzɔ wo nyɔnu konɔ amesi medzi vi o;
Gli, eye na do ɣli kple dzidzɔ, wo amesi mekpɔ le mɔkpɔm na vidzidzi;
o elabe konɔ ƒe viwo sɔgbɔ wu amesiwo ɖe srɔ.”

28Fifia la nɔvinye wo , abe Isaac, mienye nugbedo viwo. 29Abe alesi wole tsa la ,amesi wo dzi ƒe ŋutila nu , tsia amesi wo di le gbɔgbɔ la me yome , nenemake wogale egbea.

30Nukae ŋlɔŋlɔ la gbɔ? “Nya kluvi nyɔnu la kple via dogoe . Elabe kluvi nyɔnu la ƒe viwo manye dome dzidzi kpeɖe vovome nyɔnu ƒe vi la nu o”. Esiata nɔviwo, mime nye kluvi nyɔnula ƒe viwo o, vɔ gake vovo nyɔnu la ƒe viwo mienye .

31

Copyright information for EweULB